John 9

Yesu yɔ dɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tsɔ dzidzime

1Esi Yesu nɔ tsa ɖim la, ekpɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tso dzidzime ke. 2Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, nu ka tae wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo eƒe dzilawo ƒe nu vɔ̃woea?”

3Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye wo dometɔ aɖeke ƒe nu vɔ̃e na be ame sia ƒe ŋku gbã o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. 4Ele nam be mawɔ dɔ siwo ame si dɔm ɖa la nam kaba, elabena esusɔ vie ko zã nado eye ame aɖeke magate ŋu awɔ dɔ o. 5Gake zi ale si mele xexeame la nyee nye xexeame ƒe Kekeli la.”

6Le esia megbe la Yesu ɖe ta ɖe anyigba eye wòwɔ ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. 7Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me.” Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa.” Ŋkuagbãtɔ la tso kpla eye wòdze mɔ yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu nyuie wònɔ nu kpɔm.

8Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubialae wònye la, bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”

9Ame aɖewo be eyae eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖe ko wòɖii. Ke ŋutsua ŋutɔ gblɔ be, “Nye tututue.”

10Ameawo biae be, “Ke ale ke wɔ hafi wò ŋkuawo ʋu?”

11Ŋutsua gblɔ na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be mayi aɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu eye mede asi nukpɔkpɔ me.”

12Ameawo gabiae be, “Afi ka amea le?” Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.”

Farisitɔwo ku nya me tsɔ dɔyɔyɔ la ŋu

13Ale ameawo kplɔ ŋutsua yi ɖe Farisitɔwo gbɔe. 14Nya siawo katã dzɔ le Sabat ŋkeke la dzi. 15Farisitɔ siwo gbɔ wokplɔ ŋutsua vɛ la biae be wòagblɔ nu si va eme la na yewo. Ale wògblɔ ale si Yesu tsɔ ba sisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye esi wòyi ɖale tsi ko la eƒe ŋkuwo ʋu eye wòde asi nukpɔkpɔ me la na wo. 16Farisitɔawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nenye be Yesu sia do dzi da gbe le ame ŋu le Sabat ŋkeke dzi la, ekema menye Mawue dɔe ɖa o.”

17Faristɔawo gatrɔ ɖe ame si woʋu ŋku na la gbɔ hebiae be, “Wò ŋutɔ ɖe ale kee nye wò susu le ame si ʋu ŋku na wò la ŋu,? Ame ka ƒomevi nèbu be enye?”

Ŋutsua ɖo eŋu na wo bena, “Le nye nukpɔkpɔ nu la, enye nyagblɔɖila aɖe si Mawu dɔ ɖo ɖa.”

18Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gbe be yewomaxɔe ase be ŋutsua nye ŋkuagbatɔ tsã o, va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ, eye 19wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe ale ke wɔ wòle nu kpɔm fifia?”

20Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mia vie nye ɖekakpuia, eye ele eme hã be ŋkuagbãtɔe míedzii, 21gake míenya nu si va dzɔ hafi eƒe ŋkuwo ʋu o, eye míenya ame si wɔe be eƒe ŋkuwo ʋu hã o. Mía via ŋutɔ hã tsi aƒo nu aɖe eɖokui nu eya ta taflatse, mibia gbee!”

22Ŋutsua dzilawo gblɔ esiawo le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta, elabena Yudatɔwo ɖoe da ɖi xoxoxo be ame si agblɔ be eyae nye Kristo la la woaɖe nenem me ma le yewoƒe hame. 23Le esia ta dzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ.”

24Ale Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia eye wogblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, Mawue wòle be nàkafu, ke menye Yesu o, elabena Yesu la míenya be ame vɔ̃ɖie wònye.”

25Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Yesu ɖanye ame vɔ̃ɖi o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menyae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”

26Ameawo gabiae ake be, “Nu kae wòwɔ? Ale ke tututue wòwɔ hafi da gbe le ŋuwò?”

27Ŋutsua do ɣli gblɔ na wo be, “Kpɔ ɖa, megblɔ nya sia na mi zi ɖeka xoxo. Alo miesee oa? Nu ka ta miedi be magagblɔ nu si dzɔ la na mi ake? Alo miawo hã ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”

28Nya siawo na be Farisitɔawo dzu ŋutsua eye wogblɔ nɛ be, “Wò la, eƒe nusrɔ̃lae nènye, ke miawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe mianye. 29Mienyae bena Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la mienya naneke tso eŋu o.”

30Ŋutsua gate kpɔ ɖo nya sia hã ŋu na wo bena, “Ewɔ nuku ŋutɔ be miegblɔ be yewomenya afi si ame sia tso o, evɔ wòte ŋu ʋu nye ŋkuwo. 31Le nyateƒe me la, Mawu meɖoa to ame vɔ̃ɖiwo o, ke boŋ ame siwo subɔnɛ eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu. 32Tso xexeame ƒe gɔmedzedzea ke la womese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o, 33ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ nenem nu sia o.”

34Ameawo do ɣli ɖe ŋutsua ta gblɔ be, “Wò si wodzi ɖe nu vɔ̃ mee be yeafia nu mía?” Ale wonyae do goe.

Ŋkuagbãtɔnyenye le gbɔgbɔ me

35Yesu se be wonya ŋutsu sia eya ta edii va ke ɖe eŋu eye wobiae be, “Èxɔ Mesia alo Mawu Vi la dzi sea?”

36Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam elabena medi be madze sii.”

37Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si nèkpɔ va yi eye wògale nu ƒom na wò fifia lae.”

38Ŋutsua do ɣli be, “Nye Aƒetɔ, mexɔe se!” Ale wòdze klo hesubɔ Yesu.

39Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la ɖe meva xexeame bena maʋu ŋku na ame siwo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye mafia ame siwo bu be yewole nu kpɔm la be woƒe ŋkuwo gbã.”

40Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Ɖe nèle gbɔgblɔm be míaƒe ŋkuwo gbã?”

41Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne ɖe mielɔ̃ be yewonye ŋkuagbãtɔwo la, anye ne fɔɖiɖi aɖeke manɔ mia ŋu o. Gake esi miebe yewole nu kpɔm ko la, miaƒe nu vɔ̃wo azu agba ɖe mia dzi.”

Copyright information for EweBEE